Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 47:7 - Agbenya La

7 elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Midzi kafukafuha na Mawu, midzi kafukafuha hee! Midzi kafukafuha na mía fia la, midzi kafukafuha!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 47:7
7 Mawu Ofanana  

Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me.


Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!


Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.


Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa