Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 47:5 - Agbenya La

5 Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 47:5
26 Mawu Ofanana  

Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.


Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu.


Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.


Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.


Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.


Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.


Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna le mo na ame si no wain mu la ene.


Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.


kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.


Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.


Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be, “Nyemaŋlɔ miaƒe nu vɔ̃wo be o!


“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.


“Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia!


Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã.


Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.


Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa