Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 47:3 - Agbenya La

3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 47:3
14 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam, eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te,


Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!


aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba, eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o!


Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.


Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.


Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.


Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.


Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.


Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,


Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”


ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.


Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa