Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 46:3 - Agbenya La

3 eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu, ale be towo dzo kpekpekpe le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata míavɔ̃ o, nenye be, anyigba gli le enu, eye towo ʋã le atsiaƒu titina,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 46:3
17 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.” Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o


esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’


Ku ƒe kawo blam, eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene.


“Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo, miese ale si nya la katã va yii, eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome.


Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la, nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o, eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.” Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe.


Mewu mo dzi kpɔ towo, wole dzodzom kpekpekpe eye togbɛwo katã le ʋuʋum.


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.


Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.


Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.


Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, eye womegakpɔ towo gɔ̃ hã o.


Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa