Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 45:9 - Agbenya La

9 Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wò avɔwo katã nye lifi, sikɔni kple kotoklobo; saŋkuƒoƒo le dzidzɔ dom na wò le nyiɖufiasã me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 45:9
19 Mawu Ofanana  

Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ.


Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.


Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.”


Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.


eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,


Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.


Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.


Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi,


Wò, dumegã ƒe vinyɔnu, atokota dze afɔ na wò loo! Wò zɔzɔme le tɔxɛ abe dzonu vavã si aɖaŋuwɔla wɔ la ene.


Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”


Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.


Mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye, eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo, eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.


Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme.


Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa