Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 45:3 - Agbenya La

3 O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Edze ɖeka wu amegbetɔviwo, wotrɔ amenuveve kɔ ɖe nuyi dzi na wò, eyata Mawu yra wò tegbee!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 45:3
22 Mawu Ofanana  

Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!”


O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo; èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.


ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.


Woaƒo nu le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti.


Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi.


Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o.


Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ, eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.


Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome. Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te, eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ.


Eƒe alɔgowo le abe kutsetse ʋeʋĩ si ɖo ɖe ɖoɖo nu, eye wòle ya ɖem nyuie la ene. Eƒe nuyiwo le abe dzogbenya si le ami ʋeʋĩ tsyɔm la ene.


Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.


Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ.


Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.


Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake,


Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.


Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã, eye woɖi ƒo.


Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa