Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 43:3 - Agbenya La

3 Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm; na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ɖo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm ayi wò to kɔkɔe la kple wò nɔƒe la gbɔe,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 43:3
26 Mawu Ofanana  

Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”


Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe.


Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.


Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma.


Yehowa ƒe Agbadɔ si Mose tu le gbedzi ƒe vɔsamlekpui si dzi wowɔ numevɔsa le ɣe ma ɣi me la nɔ Gibeon ƒe vɔsaƒe.


Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ.


Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela


Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.


O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o, ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,


Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.


Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.


Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.


Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.


Ke boŋ etia Yuda ƒe to la, esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò nɔƒe dzeani loo!


Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene.


O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.


Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.


Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa