Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 43:2 - Agbenya La

2 Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena wòe nye nye Mawu, amesi nye nye sitsoƒe; nukaŋuti nètu asim ɖa, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le futɔ la ƒe teteɖanyi te?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 43:2
17 Mawu Ofanana  

“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.


Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.


Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ.


Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”


Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”


Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi; azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o.


Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.


“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea? Ɖe magave ame nu akpɔ oa?


Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã, eye meɖo kudo nu, mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta, eye dzi ɖe le ƒonye.


Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.


“Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi.


gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.


Woagblɔ le ŋunye be, ‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’ ” Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la, atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.


Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.


Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.


Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa