Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:9 - Agbenya La

9 Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:9
19 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?


Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.


O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.


Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m, eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.


Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?


ne mese futɔ la ƒe gbe, alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem. Elabena wohe fukpekpe va dzinye, eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.


Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.


Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea? Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” Sela


Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe, eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela.


eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò.


ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.


Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.


O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel, nu ka ta nègblɔ be, “Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”


“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa