Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:8 - Agbenya La

8 Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:8
20 Mawu Ofanana  

Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye.


gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu, nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,


anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi,


Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.


Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.


Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num.


Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?


Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela


Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.


Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.


Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò, mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me.


Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi. Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:


Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye, eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo. Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o,


Ekema miadzi ha le zã me abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene. Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.


Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃.


Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’


Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ.


Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.


Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Elabena mieku, eye wotsɔ mi kpakple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa