Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:6 - Agbenya La

6 Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:6
14 Mawu Ofanana  

Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke.


Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la


Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.


Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?


Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,


“Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”).


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa