Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:3 - Agbenya La

3 Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:3
16 Mawu Ofanana  

Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.”


Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,


Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be, “Afi ka woƒe Mawu la le?”


Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. Sela


“Eka ɖe Yehowa dzi, Yehowa neɖee míakpɔ. Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”


Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela


Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”


Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la, eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe.


Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi.


O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo do wò la teƒe na wo zi adre.


Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Fianye kple Mawunye, sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe, eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo ada ɖo, be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu.


“Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume.


Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ”


Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene.


Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa