Psalmowo 41:6 - Agbenya La6 Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 Nye futɔwo le nu vɔ̃ ƒom ɖe ŋunye be: Ɣekaɣi ga wòaku, eye eƒe ŋkɔ nabu? Onani mutuwo |
Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.