Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 41:13 - Agbenya La

13 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me. Neva eme, ɛ̃, neva eme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 41:13
19 Mawu Ofanana  

Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”


David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena, “Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.


Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi, ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.


Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!


Woakafu Yehowa tegbetegbee! Amen, ɛ̃, Amen.


Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ.


Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.” “ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.”


Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’


elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o?


Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.


le gbɔgblɔm be, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ, elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la, eye nèdze dziɖuɖu gɔme.


Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.


Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”


le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa