11 Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye, elabena nye ketɔ meɖu dzinye o.
11 Ke wò Yehowa, ve nunye, eye nafɔm ɖe te, ekema maɖo eteƒe na wò!
Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.
Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.
ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.
O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.
Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.
Mègana woabu be, “Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.
Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.
Midzi ha na Yehowa! Mitsɔ kafukafu na Yehowa! Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi.