Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o.
Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.
Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!” Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.”