Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 40:8 - Agbenya La

8 Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 40:8
14 Mawu Ofanana  

Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.


Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.


Wò sededewo doa dzidzɔ nam, nyemaŋlɔ wò nya la be o.


Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam; wonye nye aɖaŋuɖolawo.


Wò sededewo doa dzidzɔ nam, elabena melɔ̃a wo.


Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me.


Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,


Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.


Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me;


Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome.


Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa