Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 40:10 - Agbenya La

10 Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o, ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti. Nyemeɣla wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Meɖe gbe ƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 40:10
25 Mawu Ofanana  

Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!


Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.


Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.


Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;


Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa, matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.


“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”


Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene.


Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ”


Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.


Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu.


Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o,


Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le.


Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa