Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 4:1 - Agbenya La

1 Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 4:1
35 Mawu Ofanana  

“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me, ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.


Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.


O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.


Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta; esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme.


Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene.


Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.


Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.


Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?


Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.


Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye hiã tum.


Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe.


Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi, eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe.


Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.


Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.


Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, elabena amegbetɔwo ti yonyeme kple ŋkubiã; ŋkeke blibo la wole yonyeme kutɔkutɔe.


Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi.


O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.


Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela


Wonya Mawu le Yuda, eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.


Woagblɔ le ŋunye be, ‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’ ” Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la, atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.


Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.


Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo. Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.


Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi.


Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe.


Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa