Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 39:5 - Agbenya La

5 Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 39:5
17 Mawu Ofanana  

Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”


Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem?


“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.


Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.


Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. Sela.


Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye.


Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!


Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí, ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.


Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko.


Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o.


Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o. Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.


Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.


Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa