O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.
Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”