5 Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta.
5 Elabena nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene.
hedo gbe ɖa be: “O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke.
Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.
Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me, eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.
O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàɖem.
Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.
O! Mawu, ènya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o.
Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi mele kukum o?