3 Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.
3 Elabena wò aŋutrɔwo ɖo agu ɖe menye, eye wò asi te ɖe dzinye.
Uzia, ame si lé dzudzɔdonu ɖe asi eye wònɔ klalo be yeado dzudzɔ la, do dɔmedzoe vevie. Esi wònɔ dziku dom ɖe nunɔlaawo ŋu, le wo ŋkume, le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la ŋgɔ la, kpodɔ dze eƒe ŋgonu zi ɖeka.
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.
Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.
Le nye ŋeŋe sesĩe ta la, meɖi ku zu ƒu ɖeɖe.
Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. Sela
Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.