22 Va kaba, nàɖem, O! Aƒetɔ, nye Ɖela.
22 Yehowa, megagblẽm ɖi o, nye Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o!
O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba. Se nye gbe, ne meyɔ wò.
Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?
O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàɖem.
Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o.
Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.
Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o.
O! Mawu, netsɔ nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam.
Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.
O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.
Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname