Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela
Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o.
Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.