Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 38:12 - Agbenya La

12 Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nye ame lɔlɔ̃wo kple xɔ̃nyewo ƒo asa nam le nye fuwɔame la ta, eye nye ƒometɔwo tsi tre ɖe adzɔge.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 38:12
18 Mawu Ofanana  

“Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ.


Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.


Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam, gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o.


Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela


Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me, tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me.


Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã.


Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o, ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti.


Ame siwo le nye agbe yome tim la, ŋukpe kple vlododo nelé wo, eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la, gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.


Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”


Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela


Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.


eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò.


Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu, aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o! Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la, womedea nu eme nɛ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa