Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 32:8 - Agbenya La

8 Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 32:8
16 Mawu Ofanana  

Emegbe la, mede ta agu, eye mekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, elabena ekplɔm to mɔ nyuitɔ dzi be meke ɖe ɖetugbi aɖe ŋu tso nye aƒetɔ nɔviŋutsu ƒe vinyɔnuwo dome,


Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa.


ekema se woƒe kokoƒoƒo tso dziƒo eye nàtsɔ wò subɔlawo, wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ wo eye nàna tsi nadza ɖe anyigba si nèna wo abe woƒe domenyinu ene la dzi.


Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒe nya vɛ nam, elabena dziwòe meka ɖo. Fia mɔ si mato lam, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.


Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.


Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi,


Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.


Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,


Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si fiaa nu si nyo na wò la wò, ame si fiaa mɔ si nàto la wò.


Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to.


Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa