eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.
Nu te viwò ŋutsuwo ŋu. Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene. Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la ƒe mokaname ɖi ƒo na wo,
“Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.