Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 32:10 - Agbenya La

10 Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ame vɔ̃ɖi kpɔa vevesese geɖe; ke amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, atsɔ amenuveve aƒo xlãe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 32:10
20 Mawu Ofanana  

Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.


Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.


Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.


ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.


Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.


Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.


Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo; woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me.


Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu, alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.


O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.


Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu.


Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.


Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.


Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.


Nye Mawu be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”


Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa