Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 32:1 - Agbenya La

1 Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 32:1
27 Mawu Ofanana  

David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o


Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.”


Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.


Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi.


Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.


Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu, alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.


Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm.


Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.


Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?


Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.


O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa, mègado toku nye kokoƒoƒo o.


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.


Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee, eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. Sela


Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”


“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa