3 O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o.
3 Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye.
Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me, eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’
Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.
O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋkuwo tso aɖatsi si me, nye afɔwo tso anyidzedze me;
elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.
O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.
Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.
elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.
O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo, eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me. Èna mehaya, eye nègana mele agbe.