5 Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye.
5 Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.
Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.
Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o.
Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.
Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.
Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.
Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.
Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o, ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.
Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ.
Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.