Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 3:4 - Agbenya La

4 Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 3:4
29 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”


Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu, metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me.


Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi.


Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.


Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.


Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me.


Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.


Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm; na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela


O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.


Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò ame kɔkɔewo le ŋutega me be, “Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi; medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.


Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti.


Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.


Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,


Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.”


“Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.


Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa