2 Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela
2 Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.
“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,
Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:
Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela
Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela.
O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela
Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela
Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”
Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”
Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela.
Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!
Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela. Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae.