1 O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!
1 Dawid ƒe ha, esime wòsi le via Absalom nu.
Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu.
Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia, wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso, tso woƒe futɔwo ƒe asi me.
“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me.
Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”
Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ.