7 O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò; kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.
7 Yehowa, mele yɔwòm kple ɣli, see, ve nunye, eye natɔ nam!
Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.
Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.
Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam,
Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.
Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.
Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.