Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 27:3 - Agbenya La

3 Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne aʋakɔ ƒu asaɖa ɖe ŋunye ha la, dzika matso ƒonye o. Ne aʋa ho ɖe ŋunye ale keke hã, nyea maɖe dzi ɖi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 27:3
17 Mawu Ofanana  

Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe!


Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa?


Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.


Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o.


Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.


Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃; woakoe ahagblɔ be,


dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi.


Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.”


Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa