Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 26:12 - Agbenya La

12 Nye afɔ le sɔsɔeƒe. Makafu Yehowa le takpekpe gã la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 26:12
11 Mawu Ofanana  

Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me, eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me.


Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.


Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu.


hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.


O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta.


Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.


Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.


Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.


Egblɔ be, “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.”


Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa