Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.
Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.