Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 23:4 - Agbenya La

4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 23:4
26 Mawu Ofanana  

Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.


Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi.


Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome.


Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm?


Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.


Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.


Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o.


Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome, eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi.


Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela.


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.


O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti, alẽha si nye wò domenyinu; alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me kple lãnyiƒe damawo dzi. Na woaɖu gbe damawo le Basan kple Gilead abe tsã ene.


Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo.


Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”


Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa