Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 22:11 - Agbenya La

11 Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Wotsɔm gblẽ ɖe dziwò tso dɔ me ke, eye nye Mawu nenye tso danye ƒe dɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 22:11
18 Mawu Ofanana  

Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa.


O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?


O! Yehowa, èkpɔ esia, eya ta mègazi ɖoɖoe o. O! Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge nam o.


O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o, O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.


Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta.


O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.


Tso nye dzigbe ke, wò ko ŋu meku ɖo, elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me, eya ta makafu wò ɖaa.


elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.


Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o. Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva na kpekpeɖeŋu o. Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam, eye nye dɔmedzoe lém ɖe te.


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!”


Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”


Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim.


Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa