Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 22:1 - Agbenya La

1 Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Agudzedzezinɔ“ ƒe gbe ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 22:1
23 Mawu Ofanana  

Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene.


O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?


O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.


Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o.


Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.


Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


Megbɔdzɔ, hegba gudugudu, eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.


Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”


Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”


Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene. Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, gake miekpɔ ɖeke o. Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe, gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,


Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe.


Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”).


Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”).


elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa