8 Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.
8 Elabena fia la ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe amenuveve ana be, ke maɖe le ete o.
Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la,
Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye.
Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.
O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò.
Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”
Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.
Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba siwo de ŋgɔ wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la,
“Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’
Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”
Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,
Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.
Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene.
Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.