6 Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.
6 Wò xɔname na eƒe ŋkɔxɔxɔ ɖe dzi; bubu kple atsyɔ̃ nètsɔ ɖe eŋu.
Èna menya agbemɔwo, eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ”
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ; eya ta Mawu, wò Mawu la ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ ƒe amisisi na wò me.
Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.
Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.
Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene.
Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”
Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo.
Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.
Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”
Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.
Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!