4 Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me.
4 Etsɔ yayra, siwo nye nu nyuiwo, va kpee, eye néɖɔ sikafiakuku ɖe la nɛ.
Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.”
gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.”
Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
Na manɔ agbe, ne makafu wò, eye na wò sewo nalém ɖe te.
Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.
Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.
Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.
Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.
Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.
Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”
Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka!
Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.