Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 20:7 - Agbenya La

7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 20:7
17 Mawu Ofanana  

Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma.


David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.


Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo


Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”


Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”


Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?


Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ; ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina.


Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.


Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’, eya ta miasi! ‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’ Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo.


Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!


Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.


ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa