Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 20:5 - Agbenya La

5 Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Awɔ na wò le wò dzimedidi nu, eye wòawɔ wò tameɖoɖowo katã dzi na wò.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 20:5
19 Mawu Ofanana  

Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be, “Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!


Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.


Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi, eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke gɔ̃ hã. Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe,


O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta!


Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.


Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me, eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti.


Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la, èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe woƒe aŋutrɔ ŋu. Sela


be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.


Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.”


Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe.


Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”


Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.


Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.


nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.


Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti.


Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!”


David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa