2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.
2 Yehowa aɖo to wò le xaxagbe, Yakob ƒe Mawu la akpɔ tawò.
Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”
Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.
Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe.
Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela
Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela
va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la, tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme.
Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.
Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”
Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo? “Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”