Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 18:9 - Agbenya La

9 Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo binu tso eƒe nu me, eye dzoka tso egbɔ hehẽhe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 18:9
17 Mawu Ofanana  

Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.


Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.


Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;


Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.


Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.


Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo, mide mo to ne miakpɔ anyigba. Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene. Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene, ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.


Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,


Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.


“Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’


Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.”


Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò.


Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.”


Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.


Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa