2 Afiatsotso nam netso gbɔwò, eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe.
2 Ŋkuwò me nye afiatsotso tsona; wòŋkuwo kpɔa nu tututu.
gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te, alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o.
Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene.
“Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa?
Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa?
“Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o.
Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.”
Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;